INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Wòe Zɔ
Esia nye dɔwɔnu siwo wotsɔ wɔa numekuku le Yehowa Ɖasefowo ƒe agbalẽwo me le gbe vovovowo me.
Ne èdi be yeawɔ agbalẽwo ƒe kɔpi la, taflatsɛ yi ɖe jw.org.
  • Egbe

Yawoɖa, November 6

Mida akpe ɖe nu sia nu ta.—1 Tes. 5:18.

Susu geɖewo li si tae wòle be míada akpe na Yehowa le míaƒe gbedodoɖawo me. Míate ŋu ada akpe nɛ ɖe nu nyui siwo katã le mía si ta, elabe nunana nyuiwo katã tso egbɔ. (Yak. 1:17) Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu ada akpe nɛ ɖe ale si wòwɔ anyigba kple edzinuwo wonya kpɔ hewɔ nukui ta. Míate ŋu ada akpe ɖe míaƒe agbe, míaƒe ƒomea, mía xɔlɔ̃wo, kple míaƒe mɔkpɔkpɔa hã ta. Eye míate ŋu ada akpe nɛ ɖe mɔnukpɔkpɔ si wòna mí be míazu ye xɔlɔ̃ veviwo ta. Ɣeaɖewoɣia, ahiã be míade ŋugble vevie be míate ŋu ade dzesi nu siwo Yehowa wɔ na mí siwo ta wòle be míada akpe ɖo. Le xexe sia mea, ame akpa gãtɔ nye akpemadalawo. Wotsia dzi ɖe ale si woawɔ be woƒe asi nasu nu si wodi dzi, tsɔ wu be woada akpe ɖe nu si le wo si ta. Ne míekpɔ nyuie oa, míava nɔ nu wɔm abe woawo ene, eye míaƒe gbedodoɖawo ava nye nubiabia ɣesiaɣi. Be esia nagadzɔ oa, ele be míasrɔ̃ ale si míakpɔ ŋudzedze ɖe nu ŋu eye míanɔ akpe dam na Yehowa ɖe nu siwo katã wòwɔna na mía ta.—Luka 6:45. w23.05 4 ¶8-9

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025

Fiɖa, November 7

[Nɔ] ebiam le xɔse me, eye [mègake] ɖi kura o.—Yak. 1:6.

Mía Fofo Yehowa lɔ̃ mí eye medi gbeɖe be míakpe fu o. (Yes. 63:9) Gake mexea mɔ ɖe míaƒe xaxawo katã nu o, ke boŋ edo ŋugbe be ne míaƒe xaxawo le abe dzo alo tɔsisi ene le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu hãa, yeakpe ɖe mía ŋu ‘míato wo me.’ (Yes. 43:2) Yehowa maɖe mɔ míaƒe xaxawo nagblẽ nu le mía ŋu ɖikaa o. Azɔ hã, Yehowa naa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe triakɔa mí be wòakpe ɖe mía ŋu míado dzi. (Luka 11:13; Flp. 4:13) Esia ta, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ana nu si tututu míehiã be míado dzi awɔ nuteƒe nɛa mí ɣesiaɣi. Yehowa di be míaka ɖe ye dzi. (Heb. 11:6) Ɣeaɖewoɣia, míaƒe xaxawo ate ŋu awu tsɔtsɔ na mí, eye míasusui gɔ̃ hã be Yehowa mele kpekpem ɖe mía ŋu o. Gake Biblia ka ɖe edzi na mí be ‘le Mawu ƒe ŋusẽ mea, míate ŋu aflɔ gli.’ (Ps. 18:29) Eya ta mele be míasusu be Yehowa makpe ɖe mía ŋu o, ke boŋ míado gbe ɖa le xɔse me eye míaka ɖe edzi be aɖo eŋu.—Yak. 1:​6, 7. w23.11 22 ¶8-9

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025

Memleɖa, November 8

[Lɔlɔ̃ bina] abe dzo ene, Yah ƒe dzoƒaɖe. Tsi geɖe mate ŋu atsi lɔlɔ̃ o, eye tɔsisiwo gɔ̃ hã mate ŋu akplɔe dzoe o.—Haw. 8:​6, 7.

Ale si woɖɔ lɔlɔ̃ vavã le afi sia nya se ŋutɔ! Nyateƒenya siawo na kakaɖedzi srɔ̃tɔwo be anya wɔ be woaɖe lɔlɔ̃ akuaku afia wo nɔewo. Lɔlɔ̃ si le srɔ̃tɔwo domea ate ŋu anɔ anyi ɖaa, gake ebia agbagbadzedze geɖe. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Ne wodo nakedzoa, ehiã be woanɔ nake dem eme eye woanɔ etum ɖo. Ne menye nenema oa, dzoa ate ŋu atsi. Nenema kee ehiã be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a nanɔ lɔlɔ̃ si le wo domea tum ɖo hafi wòate ŋu anɔ anyi ɖaa. Ɣeaɖewoɣia, srɔ̃tɔwo ate ŋu ase le wo ɖokui me be yewoƒe lɔlɔ̃a nu le tsitsim, vevietɔ ne wo dometɔ aɖe dze dɔ, wova dzi viwo, alo ganyawo le sesẽm na wo. Eya ta be ‘Yah ƒe dzoƒaɖea’ nayi edzi anɔ bibim le atsu kple asi domea, ele be wo dometɔ ɖe sia ɖe naku kutri vevie be ye kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli. w23.05 20-21 ¶1-3

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025
Wòe Zɔ
Esia nye dɔwɔnu siwo wotsɔ wɔa numekuku le Yehowa Ɖasefowo ƒe agbalẽwo me le gbe vovovowo me.
Ne èdi be yeawɔ agbalẽwo ƒe kɔpi la, taflatsɛ yi ɖe jw.org.
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe